James 2

1Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, dzi se ene la, migakpɔ ame ŋkume o. 2Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe sɔleme eye wòdo sikasigɛ nyuitɔ heta avɔ xɔasi eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me. 3Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi la hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Bɔbɔ nɔ anyigba le nye afɔnu,” la 4ɖe miede vovo ameawo me le mia dome eye mieva zu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?

5Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã? 6Ke miawo la miedzu ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le miabam oa? 7Ɖe menye woawoe le ɖi ƒom ame si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa?

8Ne mielé fiasedede si le mawunya me esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene,” ɖe asi la miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm. 9Ke ne miele ame ŋkume kpɔm la miewɔ nu vɔ̃ eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.

Ameŋkumekpɔkpɔ meganɔ mia dome o

10Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi. 11Elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala. 12Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe. 13Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.

14Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ bena xɔse le ye si evɔ la dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea? 15Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. 16Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi, medi dzɔgbenyui na wò, de dzo lãme eye naɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wonye? 17Nenema kee, nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la enye nu kuku. 18Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la xɔse le asiwò ke nye la dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me. 19Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li, enyo gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃. 20Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee nye xɔse kuku oa? 21Ɖe womebu mía tɔgbui, Abraham, be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa? 22Edze faã be eƒe xɔse kple dɔwɔwɔwo sɔ ɖekae ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me. 23Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se eye wòto esia me zu ame dzɔdzɔe” la dzi eya ta woyɔe be Mawu xɔlɔ̃. 24Edze ƒãa be menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia o ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe eŋu.

25Nenema ke ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ eye wòna woto mɔ bubu dzo oa? 26Ale si ŋutilã, gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la nenema ke xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee hã nye nu kuku.

Copyright information for EweBEE